Luke 24:13-35

Le Emaus mɔ dzi

(Marko 16:12-13)

13Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa wuiɖekɛ lɔƒo ene. 14Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. 15Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo eye wòde asi zɔzɔ me kpli wo. 16Gake womekpɔe dze si o elabena wotsyɔ nu woƒe ŋkuwo dzi.

17Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. 18Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa, la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le kwasiɖa si va yi me la o.”

19Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?”

Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.
20Ke nu kae va dzɔ, osɔfogãwo kple miaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ eye woklãe ɖe ati ŋu. 21Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Mesia ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. 22Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia 23gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me ame siwo gblɔ na yewo be ele agbe. 24Miatɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”

25Yesu gblɔ na wo bena, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26Ɖe nyagblɔɖilawo megblɔ da ɖi be ele be Mesia la nakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?”

27Ale Yesu gblɔ mawunya kpukpui geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe ye ŋutɔ ŋu la me na wo.

28Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta 29woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu na ke elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃ eye wòyi woƒe aƒeme. 30Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. 31Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu eye enumake wòbu le wo gbɔ.

32Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, mèkpɔe be míaƒe dziwo ʋu dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa? 33Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃lawo wuiɖekeawo kple Yesu yomedzela bubuwo. 34Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tre vavã! Eɖe eɖokui fia Petro!” 35Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus, kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.

Copyright information for EweBEE